James 4

Nu siwo hea avuwɔwɔ vanɛ

1Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa? 2Miedia nu gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre eye miewɔa avu hã gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o. 3Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mìa ɖokuiwo.

4Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ kple xexeame la ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ xexeame la nye Mawu ƒe futɔ. 5Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? 6Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋu ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi la nu.” 7Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tre sesĩe ɖe Abosam ŋuti ekema asi le mia nu. 8Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi nu vɔ̃ wɔlawo miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzime eve susulawo la miklɔ miaƒe dziwo me. 9Milé blanui, mifa konyi eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle. 10Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la ekema ado mi ɖe dzi.

11Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la, tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃mii. 12Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame kae nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?

Adegbeƒoƒo le tsɔ si gbɔna ŋuti

13Azɔ la miɖo to afii, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du sia alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi eye míakpɔ ga.” 14Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava dzɔ etsɔ si gbɔna gɔ̃ hã o. Nu kae miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe eye wògabuna la ene. 15Ke boŋ migblɔ bena, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe eye míawɔ nu sia kple ekemɛ.” 16Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodo ɖe dzi ƒoƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃. 17Eya ta ne ame aɖe nya nu nyuie si wòle be wòawɔ gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.

Copyright information for EweBEE